Luke 19:11-27

Lododo le sikaga ewoawo ŋuti

(Mateo 25:14-30)

11Esi Yesu nɔ tetem ɖe Yerusalem ŋu la, edo lo aɖe si awɔe be amewo nagabu be mawufiaɖuƒe la le egɔme dze ge enumake o. Egblɔ be,

12“Bubume aɖe si nɔ nuto aɖe me le anyigba aɖe dzi la xɔ du be wòava anyigba la ƒe du gãtɔ me ale be woatsɔe aɖo fiae ɖe eƒe nutometɔwo nu. 13Hafi wòadzo la eyɔ eƒe dɔlawo dometɔ ewo ƒo ƒui eye wòtsɔ ga sidi akpe eve na wo dometɔ ɖe sia aɖe be wòatsɔ anɔ asi tsamii hafi yeagbɔ. 14Gake eteviwo lé fui eye wodɔ amewo ɖo ɖe eyome gblɔ be, ‘Míele ame sia dim be wòaɖu fia ɖe mía dzi o.’

15“Togbɔ be ele alea hã la, woɖoe fiae eye wòtrɔ gbɔ va aƒe. Tete wòdɔ be woayɔ eƒe subɔlawo siwo wòtsɔ ga na la be yeakpɔe ɖa be wowɔ ga la ŋudɔ kpɔ viɖe aɖe mahã.

16“Ame gbãtɔ wɔ akɔnta eye wògblɔ ale si wòkpɔ viɖe teƒe ewo ɖe edzi la nɛ.

17“Fia la kafui gblɔ be, ‘Enyo ŋutɔ! Èɖi anukware le nu sue si metsɔ na wò me, eye abe wò fetu ene la matsɔ du ewo ade wò dzikpɔkpɔ te.’

18“Ame evelia hã kpɔ viɖe ŋutɔ. Ekpɔ viɖe teƒe atɔ̃ ɖe ga si wotsɔ nɛ la dzi.

19“Eƒe aƒetɔ gblɔ nɛ be, ‘Esia hã nyo! Matsɔ du atɔ̃ ade wò dzikpɔkpɔ te.’

20“Ame etɔ̃lia ya gagbugbɔ ga la vɛ pɛpɛpɛ. Mewɔ viɖe aɖeke ɖe edzi o. Egblɔ be, ‘Metsɔ ga la dzra ɖo na wò be wòanɔ dedie, 21elabena mevɔ̃ be àbia viɖe tso asinye, evɔ wò nya ɖe wòsesẽ, èxɔa nu si menye tɔwò o le amewo si akpasesẽtɔe. Èxɔa amewo ƒe agblewo le wo si akpasesẽtɔe gɔ̃ hã.’

22“Fia la do dɔmedzoe hegblɔ na dɔla vɔɖi la be, ‘Wò kuviatɔ nèbe menye ŋutasẽla. Wò ŋutɔ wò nuƒoƒoe matsɔ adrɔ̃ ʋɔnu wòe. Ne ènya nyuie be ŋutasẽla menye ɖe, 23nu ka tae mètsɔ ga la da ɖe gadzraɖoƒe bena wòahe viɖe vi aɖe teti vɛ nam o?’

24“Etrɔ ɖe ame mamle siwo le tsitre la gbɔ eye wòɖe gbe na wo be, ‘Mixɔ ga la le esi ne miatsɔe na ame si kpɔ viɖe geɖe ɖe etɔ dzi la.’

25“Woɖo eŋu nɛ be, ‘Aƒetɔ, ga geɖe le ame ma si xoxo ɖe!’

26“Fia la ɖo eŋu be, ‘Ele eme nenema, gake enye nyateƒe matrɔmatrɔ be, ame siwo si nu le la, woawoe agakpɔ nu ɖe edzi eye ame si si nu sue aɖe le la abu sue si le esi la gɔ̃ hã le ɣeyiɣi kpui aɖe me. 27Azɔ le nye futɔ siwo tsi tre ɖe ŋunye gome la, mikplɔ wo va ŋkunyemee ne miatso ta le wo nu.’”

Copyright information for EweBEE